Luke 11:9-13

9Alea tututue wònɔna le gbedodoɖa hã me. Ne miebia nu la, woana mi, ne miedi nu la miakpɔe, eye ne mieƒo ʋɔa la woaʋui na mi ɣesiaɣi. 10Ame sia ame si bia nu la, xɔa nu si wòbia, ame siwo dia nu la kpɔnɛ eye woaʋu ʋɔa na ame sia ame si aƒoe la.”

11“Mi ame siwo nye vi fofowo ɖe, nenye be viwo bia abolo wò ɖe, kpee nàtsɔ nɛa? Ne wòbia tɔmelã ɖe, dalãe nàtsɔ nɛa? 12Alo ne ebia koklozi ɖe, ahɔ̃e nàtsɔ nɛa? Gbeɖe miewɔa esia o!

13“Azɔ nenye be mi ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo mienaa nu si mia viwo bia mi wo la, ɖee mienya be mia Fofo si le dziƒo la anyo dɔme, ana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame siwo biae la oa?”

Copyright information for EweBEE